2 Corinthians 1

1Nɔvinye lɔlɔ̃tɔ siwo le Korinto, agbalẽ sia tso nye Paulo, ame si Mawu ŋutɔ tia be manye Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla kple nɔvinye Timoteo gbɔ na mi. Míele agbalẽ sia ŋlɔm na miawo ɖeɖe ko o, ke boŋ míele eŋlɔm na nɔvi siwo hã le Akaya blibo la katã. 2Mawu, mía Fofo kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve kple ŋutifafa nagbã go ɖe mia dzi duu. 3Woakafu Mawu ame si nye mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, nublanuikpɔkpɔ Fofo kple akɔfafa katã ƒe Mawu la, 4ame si fa akɔ na mí le míaƒe xaxawo katã me, ale be míawo hã míate ŋu afa akɔ na ame siwo le xaxa me kple akɔfafa si míawo ŋutɔ míexɔ tso Mawu gbɔ. 5Abe ale si Kristo ƒe fukpekpewo gena ɖe míaƒe agbemee ene la, nenema kee to Kristo me míaƒe akɔfafa hã gba goe. 6Ne míexaxa la, miawo ƒe akɔfafa kple ɖeɖe tae; ke ne wofa akɔ na mí la, miawo ƒe akɔfafa tae, esia dea dzigbɔgbɔblewuu miame be miawo hã mietea ŋu kpea fu siwo miekpena. 7Míaƒe mɔkpɔkpɔ na mi like goŋgoŋgoŋ, elabena míenyae bena, abe ale si miekpɔ gome le míaƒe fukpekpewo me ene la, nenema ke miakpɔ gome le míaƒe akɔfafa hã me.

8Nɔvi lɔlɔ̃tɔwo mebu be ele be magblɔ fu siwo míekpe le Asia la na mi. Woƒo mí eye wowɔ fu mí ale gbegbe be míawo ŋutɔ gɔ̃ hã míebumɔkpɔkpɔ ɖe sia ɖe be míatsi agbe. 9Míebu be míele kuku ge elabena míekpɔ be wɔna aɖeke meganɔ mía ŋu o gake míetsɔ nu sia nu gblẽ ɖe Aƒetɔ si tea ŋu wɔa nu sia nu eye wòfɔa ame kukuwo gɔ̃ hã tso yɔdo me la sime. 10Vavã, Mawu ɖe mí tso ku dziŋɔ aɖe sime, ale míetsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ da ɖe edzi be aɖe mí tso fukpekpe ɖe sia ɖe me ɖaa. 11Eya ta mi katã miwɔ ɖeka ne miado gbe ɖa ɖe mía ta vevie. Zi ale si miedo gbe ɖa eye mieɖe kuku ɖe mía ta la, zi nenema ke miagada akpe na Aƒetɔ la ɖe eƒe ŋuɖoɖo si na be míenɔ dedie la ta.

Tɔtrɔ va Paulo ƒe ɖoɖowo me

12Ke míawo hã, adegbe si míeƒona lae nye be, míeléa mía ɖokuiwo nyuie le xexe sia me, eye le mia dome hã la, míezɔna le dzitsinya kɔkɔe nu, míewɔ mía ɖokuiwo dzadzɛ eye míetoa nyateƒe le nu sia nu me. Ke menye míawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ mee míewɔ esiawo le o, ke boŋ wo katã tso Aƒetɔ la gbɔ. 13Elabena míeŋlɔ nya bubu aɖeke na mi, si miate ŋu axlẽ alo ase egɔme o. Mele mɔ kpɔm be 14abe ale si miese míaƒe nya gɔme afã kple afãe ene la, miava se egɔme blibo ale be miate ŋu aƒo adegbe le mía ŋu abe ale si míaƒoe le mia ŋu le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkeke la dzi ene. 15Esi meka ɖe miaƒe nugɔmesese dzi tae medi be mava mia gbɔ gbã le nye mɔzɔzɔ me, ale be miagaxɔ yayra ɖe yayra dzi. 16Tso mia gbɔ la, mayi Makedonia eye ne metrɔ tso Makedonia la magava to mia gbɔ ale miado mɔm ne medzo yina Yudea.

Nu si he apostoloa ƒe vava ɖe megbe

17Ɖewohĩ mianɔ biabia be, ɖe metrɔ ɖoɖo si mewɔ gbã la alo ɖe mele nu wɔm abe xexeametɔ siwo menya Kristo o la ene, ame siwo ne, nya lae nye “ẽ” la, wogblɔna be “ao” hã? 18Gbeɖe, mele eme nenema o. Abe ale si Mawu nye nyateƒetɔ ene la, nyemenye ame ma ƒomevi o. Nye “ẽ” nye “ẽ”.

19Elabena Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, ame si ŋu nye Paulo, Silvano kple Timoteo míeɖe gbeƒã le na mi la, menye ame si ne nya lae nye “ẽ” la, wògblɔ be “ao” o. Aƒetɔ Yesu Kristo wɔna ɖe nu sia nu si wògblɔ la ko dzi. 20Aƒetɔ Yesu Kristo kpɔna hã be Mawu ƒe ŋugbedodo ɖe sia ɖe va eme pɛpɛpɛ. Ne ŋugbedodoawo wu akpe nanewo hã la, wovaa eme na mí to Kristo dzi hena Mawu ƒe kafukafu. 21Medi be wòanɔ susu me na mi bena, Mawue wɔ mí kple miawo hã bena míezu kristotɔ vavãwo eye wòtia mí abe eƒe apostolowo ene be míaɖe gbeƒã nyanyui la. 22Eya ame si de dzesi mí abe viawo ene, eye wòtsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de míaƒe dziwo me abe kpeɖodzi ene be míenye etɔwo eye abe nu siwo wòle míana ge la ƒe akpa gbãtɔ ene.

23Azɔ la, meyɔ Mawu tso nye dzime ke abe ɖase ene bena nu si gblɔm mele na mi la enye nyateƒe tututu; susu si ta nyemeva mia gbɔ haɖe o lae nye be nyemedi be mava ka mo na mi eye mawɔe be miaxa nu o. 24Menye ɖe míegale amegã ɖum ɖe mia dzi hele se dem na mi tso nu si ke miaxɔ ase la ŋuti o, elabena mienya nu si dze be miaxɔ ase, eyae nye Kristo ame si dzi miexɔ se hã. Togbɔ be ne meva la nyemate ŋu akpe ɖe mia ŋuti, adzi míaƒe xɔse ɖe edzi o, elabena miaƒe xɔse sɔ gbɔ xoxo hã la, medi be mawɔ nane si ado dzidzɔ na mi ne meva, menye be mana mialé blanui o.

Copyright information for EweBEE